Le ƒe 1790-awo me la, Jackson nye United States Teƒenɔlawo ƒe Aƒe, United States Sewɔtakpekpe, kple Tennessee Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ me tɔ. Le ƒe 1823 me la, etrɔ yi Sewɔtakpekpea me.
Andrew Jackson gbugbɔ ɖo Demokrasiha la eye wònye eƒe ŋgɔnɔla.
Le ƒe 1828 me la, eɖuJohn Quincy Adams dzi le Dukplɔla ƒe Tiatia si wowɔ le ƒe 1828 me, eva zu dukplɔla le March 4, 1829 dzi, eye le ƒe ene megbe la, wogatiae ake be wòanye dukplɔla zi evelia. Le Nullification Crisis si dzɔ le ƒe 1832-1833 me la, South Carolina ɖe gbeƒãe be yeaɖe ye ɖokui ɖa tsoUnited States gbɔ. Jackson do ŋɔdzi na aʋawɔwɔ, eye emegbe wòɖe asi le nyaa ŋu.
Le January 1835 me la, wowu Jackson kloe esime nutala aɖe si mekpɔ dɔ awɔ o di be yeada tue gake eƒe tu eveawo siaa xa. Eyae nye dukplɔla gbãtɔ si te amewuwu kpɔ.[2]
Le ƒe 1830 me la, Jackson de asi Indiatɔwo ɖeɖeɖa ƒe Se te si ɖe mɔ na U.S. dziɖuɖua be wòazi Amerikatɔ Gbãtɔwo dzi ŋutasesẽtɔe be woaʋu le woƒe anyigba dzi ayi ɣetoɖoƒe gome. Wowu Amerikatɔ Gbãtɔ geɖe eye woyɔ mɔ si dzi wozɔna yia ɣetoɖoƒe gome la be Aɖatsi ƒe Mɔ.
Andrew Jackson tsi tre ɖe United States dukɔa ƒe gadzraɖoƒe ŋu elabena esusu be gadzraɖoƒewo kple woƒe gagbalẽwo nye kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo tɔ eye womewɔa ame tsɛwo ƒe nyonyo ŋudɔ o. Dukɔa ƒe gadzraɖoƒea ƒe ɣeyiɣia wu enu le Jackson ƒe dukplɔɣi. Jackson tiae be yemayi gadzraɖoƒea dzi o.
Le March 4, 1837 dzi la, Andrew Jackson wu eƒe zimenɔɣi evelia nu. Le ema megbe la, woti dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔMartin Van Buren be wòanye dukplɔla eye wòyi nu geɖe siwo Jackson wɔ dzi. Jackson kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Demokrasitɔ bubuwo dzi le ƒe 1800-awo me.